Luke 19:20 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ame bubu va hegblɔ be, ‘Aƒetɔ, ga home si nètsɔ nam lae nye esi. Metsɔ ga la dzra ɖo na wò be wòanɔ dedie,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye bubu va gblɔ bena: Aƒetɔ, kpɔ ɖa, wò pounde, si metsɔ dzra ɖo ɖe taku nu la, nye esi;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dɔla bubu va gblɔ be: ‘Aƒetɔ, wò sikaga lae nye esi. Mesae ɖe taku nu dzra ɖo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
”Ame etɔ̃lia ya gbugbɔ ga la vɛ pɛpɛpɛ. Mekpɔ viɖe aɖeke ɖe edzi o. Egblɔ be, ‘Metsɔ ga la dzra ɖo na wò be wòanɔ dedie,