Luke 19:24 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Etrɔ ɖe ame mamlɛ siwo le tsitre la gbɔ, eye wòɖe gbe na wo be, ‘Mixɔ ga la le esi ne miatsɔe na ame si kpɔ viɖe geɖe ɖe etɔ dzi la.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na amesiwo le tsitre le egbɔ la bena: Mixɔ pounde la le esi, eye mitsɔe na amesi pounde ewo le esi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete fia la gblɔ na ame siwo tsi tsitre ɖe afi ma la be: ‘Mixɔ sikaga la le esi miatsɔ na ame si si ewo le la.’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Etrɔ ɖe ame mamle siwo le tsitre la gbɔ eye wòɖe gbe na wo be, ‘Mixɔ ga la le esi, ne miatsɔe na ame si kpɔ viɖe geɖe ɖe etɔ dzi la.’