Luke 19:37 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ esi wògogo teƒe si woɖia Amito la ƒe aga le la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la de asi Mawu kafukafu me kple gbe sesĩe le nukunu siwo wokpɔ la ta,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi wògogo va do afisi woɖia Amito la ƒe abu lena la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la katã de asi dzidzɔkpɔkpɔ kple mawukafukafu me kple gbe sesẽ le ŋusẽdɔwɔwɔ, siwo katã wokpɔ la ŋuti
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esime Yesu le Amito la ƒe abu ɖim la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la tso aseye hekafu Mawu sesĩe le nukunu siwo katã wokpɔ la ta gblɔ be:
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ esi wògogo teƒe si woɖia Amito la ƒe aga lena la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la de asi Mawu kafukafu me kple gbe sesĩe le nukunu siwo wokpɔ la ta,