Luke 19:42 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye wògblɔ be, “Wò hã, ɖe nànya nu si na ŋutifafa wò le ŋkeke sia me hafi, ke eɣla ɖe wò ŋkuwo fifia.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
gblɔ bena: Wò hã, ɖe nènya nusi na ŋutifafa wò le wò ŋkeke sia me: ke azɔ la eɣla ɖe wò ŋkuwo!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
gblɔ be: “Ɖe wòle be nànya nu siwo hiã na ŋutifafa egbe sia hafi. Ke fifia la, wole ɣaɣla ɖe wò.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
eye wògblɔ be, “Wò hã, ne ɖe nãnya nu si na ŋutifafa wò le ŋkeke sia me hafi, ke eɣla ɖe wò ŋkuwo fifia.