Luke 19:47 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le esia megbe la, efia nu le gbedoxɔ la me gbe sia gbe, gake nunɔlagãwo, sefialawo kple ame ŋkuta siwo le dua me la nɔ mɔnu dim be yewoaɖe eƒe agbe ɖa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòle nu fiãm le mawuƒe la me gbesiagbe. Ke nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo di be, yewoawui;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu fiaa nu le mawuxɔa me gbe sia gbe. Nunɔlagãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo di mɔnu le eŋu be yewoawui.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le esia megbe la, efia nu le gbedoxɔ la me gbe sia gbe, gake Osɔfogãwo, agbalẽfialawo kple ame ŋkuta siwo le dua me la nɔ mɔnu dim bena yewoaɖe eƒe agbe ɖa.