Luke 2:23 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
(elabena woŋlɔe ɖe Aƒetɔ la ƒe seawo me be, “Nenye be ame aɖe ƒe vi gbãtɔ nye ŋutsuvi la, ele be wòatsɔe ade asi na Aƒetɔ la”).
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
abe alesi woŋlɔ ɖi le Aƒetɔ ƒe se la me ene bena: „Atsu sia atsu, si ʋu dɔnu la, woayɔ eya kɔkɔe na Aƒetɔ la“;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woŋlɔe ɖi le Aƒetɔ la ƒe sea me be: “Atsu sia atsu si ʋu dɔ nu la woaɖoe ɖi wòanye nu kɔkɔe na Aƒetɔ la.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena le Mose ƒe seawo nu la, Mawu gblɔ be, “Nenye be ame aɖe ƒe vi gbãtɔ nye ŋutsuvi la, ele be wòatsɔe ade asi na Aƒetɔ la.”