Luke 2:34 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Maria be, “Woɖo ɖevi sia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple dodoɖedzi le Israel, eye abe dzesi si ŋu woagblɔ nya ɖo ene,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Mana bena: Kpɔ ɖa, woɖo amesia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple tsitretsitsi le Israel, kple dzesi, si woagblɔ nya ɖe eŋuti;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Simeon yra wo, eye wògblɔ na nɔa, Maria be: “Kpɔ ɖa, woɖoe ɖi be, to ɖevi sia dzi la, ame geɖe adze anyi, eye ame geɖe hã afɔ ɖe tsitre le Israel. Wogaɖoe ɖi hã be anye dzesi, si ŋu amewo aƒo nu atsi tre ɖo,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Simeon yra wo eye wògblɔ be: “Woɖo ɖevi sia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple dodoɖedzi le Israel, eye abe dzesi si ŋu woagblɔ nya ɖo,