Luke 2:8 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ma gbe la, alẽkplɔla aɖewo nɔ gbedzi le kɔƒea gbɔ nɔ woƒe alẽwo ŋu dzɔm le zã me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye alẽnyilawo le nuto ma ke me le gbedzi, eye wole woƒe alẽha ŋuti dzɔm le zã me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Alẽkplɔla aɖewo nɔ gbedzi le nuto ma me le zã me nɔ woƒe alẽha ŋuti dzɔm.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gbe ma gbe la, alẽkplɔla aɖewo nɔ gbedzi le kɔƒea gbɔ nɔ woƒe alẽwo ŋu dzɔm.