Luke 20:10 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi nuŋeɣi ɖo la, edɔ eƒe dɔla ɖeka ɖo ɖe agbledelawo gbɔ be wòava xɔ waingble la ƒe kutsetsea ƒe akpa si nye etɔ gome la vɛ. Gake agblea dzi kpɔlawo ƒo dɔla la vevie, eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye le ɣeyiɣi nyui la dzi la edo dɔla ɖo ɖe agbledelawo gbɔ, bena woatsɔ weingble la ƒe kutsetsea ɖewo anɛ, ke agbledelawo ƒoe, eye wodoe ɖa asi ƒuƒlu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi ɣeyiɣia de la, edɔ eƒe subɔla ɖeka ɖo ɖe agbledzikpɔlaawo gbɔ hebia wo be woatsɔ waingblea me kutsetse aɖewo aɖo ɖe ye. Ke agbledzikpɔlaawo ƒo subɔla la, eye wonyàe ɖo ɖa asi ƒuƒlu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi nuŋeɣi ɖo la, edɔ eƒe dɔla ɖeka ɖo ɖe agbledelawo gbɔ be wòava xɔ waintsetsea ƒe akpa si nye etɔ gome la vɛ. Gake agblea dzikpɔlawo ƒo dɔla la vevie eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlu.