Luke 20:17 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu kpɔ wo dũu hegblɔ be, “Ke nu kae mawunya wɔnɛ esi wogblɔ be, “ ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu kpe si wotsɔ ɖo dzogoe na xɔa’?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòkpɔ wo dũ gblo bena: Nuka gɔ̃e nye esia, si woŋlɔ ɖi bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke tro zu dzogoekpe“ mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu kpɔ wo dũu hegblɔ be: “Ekema nu si woŋlɔ ɖi be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eya kee va zu dzogoedzikpe la’ gɔme ɖe?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu kpɔ wo dũu hegblɔ be, “Ke nu kae mawunya wɔnɛ esi wogblɔ be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu kpe si wotsɔ ɖo dzogoe na xɔa’?”