Luke 20:19 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo se ŋutinya si Yesu gblɔ la, wodi be yewoalée enumake elabena wonya be yewo ŋutie wòdo loa ɖo, gake wovɔ̃ ameha la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye agbalẽfialawo kple nunɔlagãwo di bena, yewoalée le gaƒoƒo ma me, ke wovɔ̃ dukɔ la, elabena wodze sii bena, edo lo sia ɖe yewo ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Agbalẽfialawo kple nunɔlagãwo di be yewoalé Yesu enumake, elabe wonyae be yewo ŋutie wòdo lo sia ɖo, ke wovɔ̃ na ameha la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi osɔfogãwo kple agbalẽfialawo se ŋutinya si Yesu gblɔ la, wodi be yewoalée enumake, elabena wonya be yewo ŋutie wògblɔe ɖo. Woawoe nye agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siwo le ŋutinya la me. Gake wovɔ̃ bena ne yewo ŋutɔ yewolée la, ahe ʋunyaʋunya vɛ.