Luke 20:36 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Womagaku hã o, ale woanɔ abe mawudɔlawo ene, eye woanye Mawu viwo, elabena wofɔ wo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
elabena womagate ŋu aku o; elabena woɖi mawudɔlawo, eye wonye Mawu kple tsitretsitsi la ƒe viwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Womagate ŋu aku o. Woasɔ kple mawudɔlawo, eye woanye Mawu viwo elabe wotsi tsitre tso ku me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Womagaku hã o, ale woanɔ abe mawudɔlawo ene, eye woanye Mawu viwo, elabena wofɔ wo ɖe tsitre yi agbe yeye mee.