Luke 20:46 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Mikpɔ nyuie le sefialawo ŋuti, elabena wolɔ̃a awu ʋlayawo dodo, eye wodina be amewo nado gbe na yewo ne yewole zɔzɔm le ablɔwo dzi. Wolɔ̃a teƒe kɔkɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo, eye wodia kplɔ̃tanɔnɔ vevie le nuɖukplɔ̃ɖoƒewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le agbalẽfialawo ŋuti, amesiwo lɔ̃a tsatsa le awu ʋlayawo me kple gbeɖonamewo le ablɔwo me kple nɔƒe gbãtɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo kpakple kplɔ̃ta nɔnɔwo le nuɖuƒewo;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Mikpɔ nyuie le agbalẽfialawo ŋuti. Wolɔ̃a tsaɖiɖi le awu ʋlayawo me, eye wodina be amewo nado gbe na yewo bubutɔe le asi me. Wolɔ̃a zikpui vevitɔwo dzi nɔnɔ le ƒuƒoƒewo kple bubunɔƒewo nɔnɔ le nuɖuƒe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“Mikpɔ nyuie le agbalẽfiala siawo ŋuti, elabena woɖoa atsyɔ̃ gãwo nɔa yiyim, eye ne wole ablɔ dzi la, wodina be amewo nabɔbɔ ado gbe na yewo bubutɔe. Wolɔ̃a teƒe kɔkɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo kple azã bubuwo ɖuƒe.