Luke 20:47 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woxɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si, eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodo ɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesẽtɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesiwo mia ahosiwo ƒe aƒewo, eye wodaa alakpa nɔa gbe ɖiɖiwo dom ɖa; amesiawo laxɔ fɔbubu sesẽtɔ awu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke woawoe baa ahosiwo hexɔa woƒe aƒewo le wo si. Wowɔa ameŋkumenu henɔa gbe legbewo dom ɖa. Woƒe tohehe asesẽ wu ame sia ame tɔ.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke ne wole woƒe gbe didi mawo dom ɖa hele atsyia dem eme la, woganɔa susu wɔm le ale si woawɔ aba ahosi dahewo la ŋuti. Eya ta Mawu ƒe tohehe gãtɔ le wo lalam.”