Luke 20:9 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu gatrɔ ɖe ameha la gbɔ, eye wòdo lo sia na wo be, “Ŋutsu aɖe de waingble, eye wòtsɔe de agbledela bubuwo si hedzo yi du didi aɖe me afi si wònɔ ƒe geɖe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòde asi lo sia dodo me na dukɔ la bena: Amea ɖe de weingble, eye woɖee asi na agbleŋlɔlawo, eye wòyi nugbe eteƒe didi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu do lo sia na ameawo be: “Ame aɖe de waingble, eye wòtsɔe de asi na agbledzikpɔlawo hedzo yi dukɔ bubu me ɣeyiɣi didi aɖe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu gatrɔ ɖe ameha la gbɔ eye wòdo lo sia na wo be, “Ŋutsu aɖe de waingble eye wòtsɔe de agbledela bubuwo si hedzo yi du didi aɖe me afi si wònɔ ƒe geɖe.