Luke 21:11 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Anyigba aʋuʋu sesĩe le teƒewo, eye dɔ ato vevie le teƒe bubuwo hã. Dɔ vɔ̃ geɖewo akaka ɖe xexea me, eye nu dziŋɔ kple dzesi gãwo latso dziƒo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye anyigbaʋuʋu gã kple dɔwuame kple dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo, eye ŋɔdzidonuwo kple dzesi gãwo latso dziƒo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Anyigba aʋuʋu ŋɔdzitɔe le teƒewo; dɔ ato, eye dɔ vɔ̃ ava teƒeteƒewo. Ŋɔdzinuwo kple dzesi gãwo lado tso dziƒo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Anyigba aʋuʋu sesĩe le teƒewo, eye dɔ ato vevie le teƒe bubuwo hã. Dɔvɔ̃ geɖewo akaka ɖe xexeame, eye nu dziŋɔ geɖewo ado ɖe dziƒo ŋu.