Luke 21:12 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Gake hafi nu siawo katã nava dzɔ la, woaɖo asi mia dzi, eye woawɔ fu mi. Woahe mi ayi woƒe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, woakplɔ mi ayi ʋɔnui le fiawo kple mɔmefia gãwo gbɔe. Woawɔ esiawo katã ɖe mia ŋu le tanye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke le nusiawo katã ŋgɔ la woaɖo woƒe asiwo mia dzi, eye woati mia yome, akplɔ mi ayi ɖe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, be woade mi asi na fiawo kple mɔ̃mefiawo le nye ŋkɔ la ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gake do ŋgɔ na esiawo katã la, asi asu mia dzi, eye woati mia yome. Woakplɔ mi ayi ɖe ƒuƒoƒewo bene woadrɔ̃ ʋɔnu mi, ade mi gaxɔ me. Woahe mi ayi dufiawo kple mɔ́mefiawo gbɔ le tanye.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
” Gake hafi nu siawo katã nava dzɔ la, woati mia yome vevie eye woahe mi ayi woƒe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, woakplɔ mi ayi ʋɔnui le fiawo kple gɔvina gãwo gbɔe. Woawɔ esiawo katã ɖe mia ŋu le tanye.