Luke 21:23 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke baba na nyɔnu siwo ƒo fu le kple ame siwo si vidzĩ fɛ̃wo le, elabena nuxaxa geɖe ava anyigba sia dzi eye Mawu ƒe dɔmedzoe ava dukɔ sia dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke baba na amesiwo fu le wo ƒo kple amesiwo le notsi nam le ŋkeke mawo me; elabena hiãkame gã lava anyigba la dzi kple dɔmedzoe na dukɔ sia.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Baba na funɔwo kple ame siwo le no nam wo viwo le ɣe ma ɣi me! Fukpekpe sesẽ ava anyigba dzi, eye tohehe dziŋɔ lava dukɔ sia dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke, baba na nyɔnu siwo ƒo fu le kple ame siwo si vidzĩ fẽwo le, elabena nuxaxa geɖe ava anyigba sia dzi eye Mawu ƒe dɔmedzoe ava dukɔ sia dzi.