Luke 21:24 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woawu wo tamesesẽtɔe alo woaɖe aboyo wo ayi xexemedukɔ bubuwo mee. Ame siwo menye Yudatɔwo o la aɖu Yerusalem dua dzi agbãe gudugudu. Esia ayi dzi va se ɖe esime wòdze Mawu ŋu be wòaɖo asi ame siwo menye Yudatɔ siawo o dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòadze yi nu, eye woaɖe wo aboyo ayi ɖe dukɔwo katã dome, eye trɔ̃subɔlawo latu afɔ Yerusalem dzi, halase esime woawu trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame aɖewo latsi yi nu, woakplɔ ɖewo ayi aboyo mee. Ame siwo menye Yudatɔwo o la atu afɔ Yerusalem dzi, va se ɖe esime woƒe ɣeyiɣi nade.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Woawu wo tamesesẽtɔe alo woaɖe aboyo wo ayi xexeme dukɔ bubuwo mee. Trɔ̃subɔlawo aɖu Yerusalem dua dzi agbãe gudugudu. Esia ayi dzi va se ɖe esime wòdze Mawu ŋu be wòaɖo asi Trɔ̃subɔla siawo dzi.”