Luke 21:25 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Azɔ la, dzesi dziŋɔwo ado ɖe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo me. Le anyigba dzi afi sia la, ʋunyaʋunya ava dukɔwo me, eye woatɔtɔ, elabena atsiaƒu aɖe gbe sesĩe, eye ƒutsotsoewo aŋe ŋɔdzitɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dzesiwo lado ɖe ɣe kple ɣleti kple ɣletiviwo me, eye le anyigba dzi la vɔvɔ̃ laɖo dukɔwo, eye woawo dzodzodzoe le atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe kple eƒe agbodzedze la ŋuti;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Dzesiwo ado ɖe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo me. Le anyigba dzi la, dukɔwo avɔ̃, atɔtɔ, eye woatsi dzodzodzoe le atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe kple eƒe agbodzedze ta.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ la nu dziŋɔwo ado ɖe yame esiwo ana nyanya mi. Dzesi dziŋɔwo ado ɖe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo me. Le anyigba dzi afi sia la, ʋunyaʋunya ava dukɔwo me eye woatɔtɔ elabena atsiaƒu aɖe gbe sesĩe eye ƒutsotsoewo aŋe ŋɔdzitɔe.