Luke 21:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eɖo eŋu na wo be, “Mikpɔ nyuie be woagaflu mi o! Elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ la dzi agblɔ be, ‘Nyee nye esi’ eye ‘Ɣeyiɣi la ɖo vɔ.’ Migadze wo yome o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ bena: Mikpɔ nyuie, bena woagaflu mi o! Elabena ame geɖewo lava le nye ŋkɔ la dzi agblɔ bena: Nyee nye esi, eye azãgbe la ɖo vɔ! Migadze wo yome o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu ɖo eŋu be: “Mikpɔ nyuie be womagakplɔ mi atrae o. Ame geɖewo atsɔ nye ŋkɔ ɖe nu ava gblɔ be: ‘Nyee.’ Alo woagblɔ be: ‘Ɣeyiɣi la de vɔ.’ Migadze wo yome o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eɖo ŋu na wo be, “Migana be ame aɖeke naflu mi o! Elabena ame geɖewo ava aɖe gbeƒã be yewoe nye Mesia la, eye woanɔ gbɔgblɔm be, ‘Ɣeyiɣi ɖo azɔ.’ Gake migaxɔ wo dzi se o!