Luke 22:10 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe Yerusalem dua me teti ko la, miakpɔ ŋutsu aɖe si lé tsize ɖe ta wòazɔ va yina. Mikplɔe ɖo, eye miage ɖe aƒe si me wòage ɖo la me,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na wo bena: Kpɔ ɖa, ne miede dua me la, amea ɖe, si tso tsikplu la, akpe mi; midze eyome yi aƒe, si ke me wòyi ɖo la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eɖo eŋu na wo be: “Ne miege ɖe dua me la, ame aɖe, si tsɔ tɔmedeze la ava do go mi. Mikplɔe ɖo yi ɖe aƒe si me wòage ɖo la me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe Yerusalem dua me teti ko la, miakpɔ ŋutsu aɖe si lé tsize ɖe ta la; wòazɔ va yina. Mikplɔe ɖo eye miage ɖe aƒe si me wòage ɖo la me,