Luke 22:12 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Aƒea tɔ akplɔ mi ayi dziƒoxɔa dzi, eye wòafia xɔ gã aɖe si me wodzra ɖo la mi. Teƒe lae nye ema. Miyi, eye miaɖo kplɔ̃ ɖe afi ma.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ame ma afia xa gãa ɖe, si me woɖo nuwoe la mi le dziƒo, midzrɛ ɖo le afima.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Afia xɔ gã aɖe mi le dziƒoxɔ dzi, si me xɔmenuwo le. Midzra afi ma ɖo.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Aƒea tɔ akplɔ mi ayi dziƒoxɔa dzi eye wòafia xɔ gã aɖe si me wodzra ɖo la mi. Teƒe lae nye ma. Miyi eye miaɖo kplɔ̃ ɖe afi ma.”