Luke 22:2 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo nɔ ŋugble dem vevie le mɔ si dzi woato awu Yesu, ale be ʋunyaʋunya madzɔ le dukɔa me o la ŋuti, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na dukɔa me viwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo di alesi woawɔ awui, elabena wovɔ̃ dukɔ la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo nɔ dukɔ la vɔ̃m eya ta wonɔ ayemɔnu si dzi woato awu Yesu la dim.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple agbalẽfialawo nɔ ŋugble dem vevie le mɔ si dzi woato awu Yesu ale be ʋunyaʋunya madzɔ le dukɔa me o la ŋuti elabena wonɔ vɔvɔ̃m na dukɔa me tɔwo.