Luke 22:20 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eye nenema ke wòtsɔ kplu la le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ be, “Kplu sia nye nubabla yeye le nye ʋu si wokɔ ɖe anyi le mia ta la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nenema ke wòtsɔ kplu la le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ bena: Kplu sia enye nubabla yeye le nye ʋu me, si woka ɖe anyi le mia ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenema ke wòtsɔ kplu la na wo le nuɖuɖua megbe gblɔ be: “Kplu sia nye nubabla yeye si dzi wotsɔ nye ʋu si wokɔ ɖi le mia ta la ɖo kpee.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi woɖu nua vɔ la, egatsɔ wainkplu la na wo eye wògblɔ be, “Esia nye Mawu ƒe nubabla yeye si wòwɔ be yeatsɔ axɔ mi ɖe agbee la ƒe dzesi. Wotre nubabla sia nu kple ʋu si makɔ ɖi abe vɔsasa ɖe mia ta ene.