Luke 22:27 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le xexea me la, aƒetɔ nɔa kplɔ̃ ŋu, eye eƒe subɔviwo va subɔnɛ. Gake esia mele mia dome le afii o! Elabena nyee nye miaƒe subɔvi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena amekae nye gã wu, amesi bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti loo, alo amesi le subɔsubɔm mahã? Menye amesi bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti oa? Ke nye la mele mia titina abe subɔla ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Evɔ la, ame kae nye ame vevitɔ wu? Kplɔ̃ŋunɔla lae loo, alo kplɔ̃subɔla la yea? Ɖe menye ame si bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti lae oa? Ke nye la, mele mia dome abe subɔla ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le xexeame la, aƒetɔ nɔa kplɔ̃ ŋu eye eƒe subɔviwo va subɔnɛ. Gake esia mele mia dome le afii o! Elabena nyee nye miaƒe subɔvi.