Luke 22:44 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
elabena eƒe gbɔgbɔ nɔ veve sem ale gbegbe be fifia nɔ dzadzam le eŋu abe ʋu ene ɖe anyigba le esime wònɔ gbe dom ɖa atraɖii.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye le eƒe ʋiʋli me la edo gbe ɖa vevie gawu, eye wòva ve me bena, eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Exa nu, eye wòʋli vevie ŋutɔ. Egado gbe ɖa kple moveviɖoɖo wu, eye eƒe fifia zu abe ʋukɔwo ene le gegem ɖe anyigba.]
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
elabena eƒe gbɔgbɔ nɔ veve sem ale gbegbe be, fifia nɔ dzadzam le eŋu abe ʋu ene le esime wònɔ gbe dom ɖa atraɖii.