Luke 22:58 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, ame bubu hã kpɔe, eye wògblɔ nɛ be, “Wò hã, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka tututue nènye!” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, amegã menye wo dometɔ ɖekae menye o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye emegbe ʋee la ame bubu kpɔe, eye wògblɔ bena: Wò hã wo dometɔ ɖeka nènye. Ke Petro gblɔ bena: Ame, menye nyee o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ame bubu aɖe kpɔ Petro, eye wògblɔ be: “Wò hã, wo dometɔ ɖeka nènye!” Ke Petro be: “Ŋutsu, menye nyee o!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo megbe la, ame bubu hã kpɔe eye wògblɔ nɛ be, “Wò hã eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka tututue nènye!” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, amegã menye wo dometɔ ɖekae menye o.”