Luke 22:61 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Aƒetɔ la trɔ kpɔ Petro dũu. Kasia Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be, “Hafi koklo naku atɔ etsɔ fɔŋli la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Aƒetɔ la trɔ kpɔ Petro dũ. Eye Petro ɖo ŋku Aƒetɔ la ƒe nya dzi, alesi wògblɔ nɛ bena: Hafi koklo naku atɔ egbe sia la, agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ la trɔ kpɔ Petro dũu. Tete Petro ɖo ŋku Aƒetɔ la ƒe nya si wògblɔ nɛ la dzi be: “Hafi koklo naku atɔ egbe la, àgbe nu le gbɔnye zigbɔzi etɔ̃.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Yesu trɔ kpɔ Petro dũu. Kasia Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be, “Hafi koklo naku atɔ etsɔ fɔŋli la, ãgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”"