Luke 22:66 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋufɔke ŋdi kanya la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, dumegãwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi, eye wokplɔ Yesu va woƒe ŋkumee.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi ŋu ke la, dumegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo ɖi anyi, eye wokplɔe heyi ɖe woƒe takpekpe la me gblɔ bena: Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi ŋu ke la, dumegãwo, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi, eye wokplɔ Yesu va woƒe takpekpe la me hegblɔ nɛ be:
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ŋufɔke ŋdi kanya la, Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo, dumegãwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi, eye wokplɔ Yesu va wo ƒe ŋkumee.