Luke 23:11 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Herod kple eƒe asrafowo hã va de asi vlododoe me. Woɖu fewu geɖe hã le eŋu, wodo awu nɛ abe fia ene, eye wogagbugbɔe ɖo ɖe Pilato gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Herodes kple eƒe asrafowo ɖo vloe, eye woɖu fewu le eŋu, eye esi wodo aklalabiɖibiɖiwu nɛ la, egbugbɔe ɖo ɖe Pilato gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Herodes kple eƒe asrafowo hã ɖu fewu le Yesu ŋuti, eye wodo vloe. Wotsɔ awu xɔasi aɖe do nɛ, eye wògbugbɔe ɖo ɖe Pilato gbɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Herodes kple eƒe asrafowo hã va de asi vlododoe me. Woɖu fewu geɖe hã le eŋu, wodo awu nɛ abe fia ene eye wogbugbɔe ɖo ɖe Pilato gbɔ.