Luke 23:12 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tso gbe ma gbe la, Herod kple Pilato, ame siwo lé fu wo nɔewo vevie tsã la trɔ zu xɔlɔ̃ veviwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Herodes kple Pilato wozu xɔlɔ̃wo le ŋkeke ma ke dzi; elabena tsã la adikã nɔ wo dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Herodes kple Pilato zu xɔlɔ̃wo gbe ma gbe, elabe tsã la, futɔwo wonye.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Tso gbe ma gbe la, Herodes kple Pilato, ame siwo lé fu wo nɔewo vevie tsã la trɔ zu xɔlɔ̃ veviwo.