Luke 23:14 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye wògblɔ na wo be, “Togbɔ be miekplɔ ame sia vɛ be egblẽ to na ame geɖewo be woatsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu hã la, meku miaƒe nutsotsoa gɔme tsitotsito, ke mekpɔe dze sii kɔtɛe be ame sia medze agɔ aɖeke o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
egblɔ na wo bena: Miekplɔ amesia va gbɔnye abe amesi le dukɔ la ƒe tame trɔm ene; eye kpɔ ɖa, esi medrɔ̃ ʋɔnui le miaƒe ŋku me la, nyemekpɔ vɔ̃a ɖeke le amesia ŋu, si ŋuti miele enu tsom ɖo o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye wògblɔ na wo be: “Miekplɔ ame sia va gbɔnye abe ame si le amewo ƒe susu trɔm le dukɔa me la ene. Esi medzro eƒe nya la me le mia ŋkume la, mekpɔ be nya siwo mietsɔ ɖe eŋu la dometɔ aɖeke melée o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
eye wògblɔ na wo be," “Togbɔ be miekplɔ ame sia vɛ be egblẽ to na ame geɖewo be woatsi tre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu hã la, meku miaƒe nutsotsoa gɔme tsitotsito, ke mekpɔe dzesii kɔtee be ame sia medze agɔ aɖeke o.