Luke 23:26 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi ameha la kplɔ Yesu yina wuwu ge la, wodo go ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn, ame si nye Kirenetɔ la wòtso agbleta gbɔna Yerusalem. Ale wozi edzi be wòatsɔ Yesu ƒe atitsoga la kplii.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wokplɔe yina la, wòlé Simon, Kirenetɔa ɖe, si tso agbleta gbɔna, eye wotsɔ atitsoga la ɖo edzi, bena wòatsɔe adze Yesu yome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wokplɔ Yesu yina la, wodo go ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simon tso Kirene. Etso agbleta gbɔna, eye wolée, tsɔ atitsoga la nɛ be wòatsɔ akplɔ Yesu ɖo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi ameha la kplɔ Yesu yina wuwu ge la, wodo go ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn, ame si nye Kirenetɔ la wòtso agbleta gbɔna Yerusalem. Ale wozi edzi be wòatsɔ Yesu ƒe atitsoga la kplii.