Luke 23:33 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi woɖo teƒe si woyɔna be “Ametakoliƒe” la, woklãe ɖe ati ŋu le afi ma, hlɔ̃dola ɖeka le eƒe nuɖusime, eye ɖeka le eƒe miame.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wova teƒe, si woyona be ametakoliƒe la, woklãe ɖe ati ŋuti le afima kple vɔ̃wɔlawo, ɖeka le nuɖusi me, eye ɖeka le mia me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi woɖo teƒe si woyɔna be: “Ametakoliƒe” la, woklã eya kple adzodalaawo ɖe atitsoga ŋuti le afi ma; ɖeka le eƒe ɖusime, eye evelia le eƒe miame.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi woɖo teƒe si woyɔna be“Ametakoliƒe” la, woklãe ɖe ati ŋu le afi ma, hlɔ̃dola ɖeka le eƒe ɖusime eye ɖeka le eƒe miame.