Luke 23:35 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ameha gã aɖe nɔ afi ma nɔ Yesu kpɔm. Ke Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ wo dome la nɔ fewu ɖum le eŋu. Wogblɔ be, “Ame sia ɖe ame geɖewo, ke mina miakpɔe ɖa be ate ŋu aɖe eya ŋutɔ ɖokui le atia ŋu nenye eyae nye Kristo si nye Mawu ƒe Ame tiatia la vavã.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ameha la le tsi tre le nu kpɔm ɖa. Eye dumegãwo hã ɖo hehe ɖe eta gblɔ bena: Eɖe ame bubuwo, neɖe ye ŋutɔ ɖokui hã, ne esia nye Kristo, Mawu ƒe ame tiatia la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ameha la le tsitre le adzɔge henɔ nu kpɔm, esime dumegãwo nɔ fewu ɖum le Yesu ŋuti be: “Exɔ ame bubuwo ɖe agbe, nexɔ na eɖokui nenye eyae nye Kristo, Mawu ƒe ame tiatia la!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ameha gã aɖe nɔ afi ma nɔ Yesu kpɔm, ke Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ wo dome la nɔ fewu ɖum le eŋu. Wogblɔ be, “Ame sia ɖe ame geɖewo, ke mina miakpɔe ɖa be ate ŋu aɖe ye ŋutɔ ɖokui le atia ŋu nenye eyae nye Mesia, si nye Mawu ƒe Ametiatia la vavã.”