Luke 23:39 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Adzodala siwo woklã ɖe ati ŋu le egbɔ la dometɔ ɖeka gblɔ busunya sia ɖe eŋu be, “Ke wò boŋue nye Kristo la? Nenye wòe la, ekema ɖe ɖokuiwò, eye nàɖe míawo hã le atitsoga la ŋue.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye vɔ̃wɔla, siwo wohe ɖe ati ŋuti la, dometɔ ɖeka hã gblɔ busunya ɖe eŋu bena: De menye wòe nye Kristo la oa, ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò kple miawo hã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Adzodala siwo woklã ɖe ati ŋuti kpe ɖe Yesu ŋu la dometɔ ɖeka hã dzui be: “Menye wòe nye Kristo la oa? Ɖe ɖokuiwò, ne nàɖe míawo hãe.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Adzodala siwo woklã ɖe ati ŋu le egbɔ la dometɔ ɖeka gblɔ busunya sia ɖe eŋu be, “Ke wò boŋue nye Mesia la? Nenye wòe la, ekema ɖe ɖokuiwò eye nãɖe míawo hã le atitsoga la ŋue.”