Luke 23:5 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ameawo ganɔ nutsotso nam le eŋu vevie ŋutɔ. Wogblɔ na Pilato be, “Ne medze agɔ o hã la, ehe tɔtɔ geɖe vɛ. Ena be amewo le tsitre tsim ɖe dziɖuɖua ŋu le afi sia afi si wòde hefia nu la. Ewɔ esia ƒo xlã Yudea godoo kpe ɖo tso keke Galilea va se ɖe Yerusalem ke!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke wogatsi edzi gblɔ bena: Ede zi dukɔ la me hele nu fiãm to Yudea katã me, eye wòdze gɔme tso Galilea vaseɖe afisia.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke woawo te gbe ɖe edzi be: “Ele zitɔtɔ dem dukɔa me kple eƒe nufiafia tso keke Galilea to Yudea-nutowo me va ɖo afi sia hã.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke ameawo ganɔ nutsotso nam le eŋu vevie ŋutɔ. Wogblɔ na Pilato be, “Ne medze agɔ o hã la, ehe tɔtɔ geɖe vɛ. Ena be amewo le tsitre tsim ɖe dziɖuɖua ŋu le afi sia afi si wòde la. Ewɔ esia ƒo xlã Yudea godoo kpeɖo tso keke Galilea va se ɖe Yerusalem ke!”