Luke 23:51 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
ame si melɔ̃ ɖe woƒe aɖaŋudede kple woƒe nuwɔwɔ dzi o la nɔ anyi, etso Yuda du si woyɔna be Arimatia la me, eye wònye ame si le mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒe la ƒe vava.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
(amesia melɔ̃ woƒe adaŋudede kple woƒe nuwɔwɔ dzi o,) etso Arimatia, si nye Yudatɔwo ƒe dua ɖe la, eye wòle mawufiaɖuƒe la lalam;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya melɔ̃ ɖe woƒe nyametsotso kple woƒe nuwɔna la dzi o. Enye ame si nɔ mɔ kpɔm na Mawu ƒe fiaɖuɖu la ƒe vava.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
ame si melɔ̃ ɖe woƒe aɖaŋudede kple woƒe nuwɔwɔ dzi o. Etso Yuda du si woyɔna be Arimatia la me, eye wònye ame si le mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒe la ƒe vava.