Luke 23:53 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wona mɔe, eye wòɖe Yesu ƒe kukua le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala ɖe eŋu, eye wòtsɔe yi ɖamlɔ yɔdo yeye aɖe si woɖe ɖe agakpe aɖe si le togbɛ aɖe xa la me. Womeɖi ame aɖeke ɖe yɔdo sia me kpɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woɖee ɖe anyi, eye wòxatsa aklala ɖe eŋu, eye wòtsɔe mlɔ yɔdo, si woɖe ɖe kpe gbadza me la me, esi me amea ɖeke memlɔ kpɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eɖee le atitsoga la ŋuti, xatsa aklala ɖe eŋu, eye wòtsɔe yi ɖamlɔ yɔdo si woɖe ɖe agakpe si me womeɖi ame ɖo kpɔ o la me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wona mɔe eye wòɖe Yesu ƒe kukua le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala ɖe eŋu eye wòtsɔe yi ɖamlɔ yɔdo yeye aɖe si woɖe ɖe agakpe aɖe si le togbɛ aɖe xa la me. Womeɖi ame aɖeke ɖe yɔdo sia me kpɔ o.