Luke 23:56 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale woyi aƒe me ɖawɔ atikewo kple ami ʋeʋĩwo be yewoava si na Yesu ƒe kukua. Gake esi wowu ami ʋeʋĩwo kple atikeawo wɔwɔ nu la, Dzudzɔgbe ŋkekea ɖo edzi, eye le Yudatɔwo ƒe kɔa nu la, wodzudzɔ le ŋkeke sia dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wogbugbɔ yi ɖadzra atike ʋeʋẽe kple ami ɖo. Ke wodzudzɔ le Sabat dzi le se la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wogbugbɔ va dzra atike ʋeʋẽe kple ami ɖo. Le Dzudzɔgbe la, wodzudzɔ le se la nu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale woyi aƒe me ɖawɔ atikewo kple ami ʋeʋĩwo be yewoava si na Yesu ƒe kukua be wòagavo o. Gake esi wowu ami ʋeʋĩawo kple atikeawo wɔwɔ nu la, Sabat ŋkekea ɖo edzi, eye le Yudatɔwo ƒe kɔa nu la, wodzudzɔ le ŋkeke sia dzi.