Luke 24:20 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke nu kae va dzɔ, nunɔlagãwo kple míaƒe agbalẽfialawo lée hetsɔ de asi na Roma dziɖuɖua be woatso kufia nɛ. Ale Roma dziɖuɖua tso kufia nɛ, eye woklãe ɖe ati ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
alesi miaƒe nunɔlagãwo kple dumegãwo ɖee asi, be woatso kufia nɛ, eye woaklãe ɖe ati ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke míaƒe nunɔlagãwo kple dumegãwo dee asi be woatso kufia nɛ, eye woklãe ɖe atitsoga ŋuti.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke nu kae va dzɔ, Osɔfogãwo kple miaƒe agbalẽfialawo lée hetsɔ de asi na Roma dziɖuɖua be woatso kufia nɛ. Ale Roma dziɖuɖua tso kufia nɛ eye woklãe ɖe ati ŋu.”