Luke 24:21 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Míawo ya míenɔ bubum be eyae nye Kristo ŋusẽtɔ si va Israel dukɔa ɖe ge tso kluvinyenye me hafi. Nu siawo katã dzɔ ŋkeke etɔ̃e nye esi va yi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke miawo la miekpɔ mɔ bena, eyae nye amesi le Israel ɖe ge. Kpe ɖe esiawo katã ŋuti la egbee nye ŋkeke etɔ̃lia, tso esime nusiawo va ve me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Evɔ la, míawo míekpɔ mɔ be eyae nye ame si le Israel ɖe ge hafi. Ŋkeke etɔ̃ sɔŋ nye esi esiawo dzɔ. Ẽ, gawu esiawo katã la,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Míawo ya míenɔ bubum be eyae nye Mesia ŋusẽtɔ si va Israel dukɔa ɖe ge tso kluvinyenye me hafi. Nu siawo katã dzɔ ŋkeke etɔ̃e nye esi va yi.