Luke 24:27 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yesu gblɔ Mawunya geɖewo na wo tso Mose dzi va se ɖe Nyagblɔɖila bubuawo katã dzi, eye wòɖe akpa siwo ku ɖe eya ŋutɔ ŋu la me na wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòdze egɔme tso Mose kple nyagblɔɖilawo katã dzi la, ede nusiwo le ŋɔŋlɔawo katã me le eŋuti la, ƒe gome fia wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Yesu ɖe nu siwo ku ɖe eyama ŋu le mawunyawo katã me la me na wo tso keke Mose dzi va ɖo Mawu ƒe gbeƒãɖelawo katã dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale Yesu gblɔ mawunya kpukpui geɖewo na wo tso Mose dzi va se ɖe nyagblɔɖila bubuawo katã dzi, eye wòɖe akpa siwo ku ɖe ye ŋutɔ ŋu la me na wo.