Luke 24:44 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu gblɔ na wo be, “Esi menɔ anyi kpli mi le ŋkeke siwo va yi me ɖe, nyemegblɔe na mi be nu siwo woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple Nyagblɔɖilawo kple Psalmowo me tso ŋunye la ava eme oa?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na wo bena: Esiawo nye nye nya, siwo megblɔ na mi, esi megali kpli mi la bena: Ele be, woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo me le ŋutinye la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gblɔ na wo azɔ be: “Nya siawo tututue megblɔ na mi esime menɔ mia dome la be, ele be nu siwo katã woŋlɔ ɖi le ŋutinye ɖe Mose ƒe segbalẽawo, gbeƒãɖelawo ƒe agbalẽwo kple Psalmowo me la, nava eme.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu gblɔ na wo be, “Esi menɔ anyi kpli mi le ŋkeke siwo va yi me ɖe, nyemegblɔe na mi be nu siwo Mose kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo gblɔ tso ŋunye la ava eme oa?”