Luke 24:46 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu yi edzi be, “Vavã, woŋlɔe ɖi tso gbe aɖe gbe ke be ele na Kristo la be wòakpe fu, eye wòaku, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòagatsi tsitre tso ame kukuwo dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wògblɔ na wo bena: Nenema woŋlɔ ɖi bena: Kristo lakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ be: “Woŋlɔe ɖi be Kristo la akpe fu, eye wòatsi tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃a gbe,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu yi edzi be, “Vavã, woŋlɔe ɖi tso gba aɖe gbe ke be, ele na Mesia la be wòakpe fu eye wòaku eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, woagatsi tre tso ame kukuwo dome.