Luke 24:47 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eye ele be woaɖe gbeƒã dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã, eye woadze egɔme tso Yerusalem.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye bena, woaɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ hena nuvɔ̃wo ƒe keke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã la, adze gɔme atso Yerusalem.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye woaɖe gbeƒã le eŋkɔ me na dukɔwo katã be woatrɔ dzime, ale be Mawu natsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo. Gbeƒãɖeɖe sia adze egɔme tso Yerusalem.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eye ele bena woatsɔ dzimetɔtrɔ kple nu vɔ̃ tsɔtsɔkenya sia ayi na dukɔwo katã eye woadze egɔme tso Yerusalem.