Luke 3:15 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame sia ame kloe nɔ mɔ kpɔm be ava kpuie le ŋkeke mawo me, ale be wotsi dzi vevie be yewoanya nenye be Yohanes ye nye Kristo loo alo menye eyae o?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi dukɔ la le nukpɔkpɔ me, eye wo katã wole ɖi kem le woƒe dzi me le Yohanes ŋuti be, ɖewo mahĩ eyae nye Kristo la la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ esi dukɔa nɔ mɔ kpɔm na Kristo la, eye ame geɖewo bu be ɖewohĩ Yohanes ye nye Kristo la ta la,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame sia ame kloe nɔ mɔ kpɔm be Mesia la ava kpuie le ŋkeke mawo me ale be wotsi dzi vevie be yewoanya nenye be Yohanes enye amea loo alo menye eyae o? Biabia sia koe nɔ nu na ame sia ame eye wonɔ nu ƒom le eŋu le afi sia afi.