Luke 3:19 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yohanes he nya ɖe Herod si nye dziɖula nɔ Galilea ŋu le dutoƒe, elabena exɔ nɔvia srɔ̃ Herodia ɖe. Hekpe ɖe nu vɔ̃ bubu geɖe siwo hã wòwɔ ŋu la,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ke dziɖula Herodes, si wogbe nya na le Herodia, nɔvia srɔ̃ kple nu vɔ̃ɖi, siwo katã Herodes wɔ la ŋuti la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eka mo na dziɖula Herodes, elabe exɔ nɔvia srɔ̃, Herodia, ɖe, eye wòwɔ nuvɔ̃ɖi bubu geɖewo hã.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yohanes he nya ɖe Herodes si nye dziɖula nɔ Galilea ŋu le dutoƒo elabena exɔ nɔvia srɔ̃ Heroɖia ɖe. Hekpe ɖe nu vɔ̃ bubu geɖe siwo hã wòwɔ ŋu.