Luke 3:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gbã la, miyi ne miaɖee fia be yewotrɔ dzi me to agbe nyui nɔnɔ me. Migabu be nya vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mia dzi, elabena mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta o. Esia ɖeɖe menye naneke o, elabena Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ zu viwo na Abraham.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ mitse ku, siwo dze dzimetɔtrɔ, eye migade asi gbɔgblɔ me le mia ɖokui me bena: Abraham ye nye mía fofo o; elabena mele egblɔm na mi bena: Mawu ate ŋu anyɔ viwo atso kpe siawo me ke na Abraham.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ la, miwɔ nu si fia be mietrɔ dzime tso miaƒe nuvɔ̃wo me. Miganɔ gbɔgblɔm na mia ɖokui be Abraham ye nye yewo tɔ́ o, elabe mele egblɔm na mi be Mawu ate ŋu ana viwo nado tso kpe siawo me na Abraham.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gbã la, miyi ne miaɖee fia be yewotrɔ dzime to agbe nyui nɔnɔ me. Migabu be nya vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mia dzi elabena mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta o. Esia ɖeɖe menye naneke o elabena Mawu ate ŋu ana viwo ado go tso kpe siwo le dzogbe le afi sia me woanye Abraham viwo.